Revelation of John 7

Wotre ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene nu

1Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o. 2Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wo na ŋusẽe be woawɔ nuvevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be, 3“Mègawɔ nuvevi aɖeke anyigba alo atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgɔnu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” 4Emegbe mese ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, eye wo katã tso Israel ƒe toawo me.

5Wotre ame akpe wuieve nu tso Yuda ƒe to la me:

ame akpe wuieve nu tso Ruben ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Gad ƒe to la me,
6ame akpe wuieve nu tso Aser ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Naflali ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Manase ƒe to la me, 7ame akpe wuieve nu tso Simeon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Levi ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Isaka ƒe to la me, 8ame akpe wuieve nu tso Zebulon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Yosef ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Benyamin ƒe to la me.

Ameha gã si le awuʋlaya ɣi me

9Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la, le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awuʋlaya ɣiwo eye wolé deʋayawo ɖe asi. 10Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be,

“Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ,
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi,
kple Alẽvi la tɔ.”
11Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegaxoxoawo kple nugbagbe eneawo. Wotsɔ mo tsyɔ anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye wosubɔ Mawu,

12le gbɔgblɔm be,

“Amen.
Kafukafu kple ŋutikɔkɔe
Nunya, akpedada kple bubu
Kple ŋusẽ kpekple ŋutete
Nanye míaƒe Mawu la tɔ
Tso mavɔ me yi ma mavɔ me.
Amen!”
13Tete amegaxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awuʋlaya ɣi me eye afi ka wotso?”

14Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.”

Eye wògblɔ nam bena, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awuʋlayawo eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.
15Eya ta,

“Wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ
Eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli
Eye ame si nɔ fiazikpuia dzi la
Akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
16Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o
Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o.
Ɣe magaɖu wo o
Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o.
17Elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina
Anye woƒe kplɔla
Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe
Eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le wo ŋkume.”
Copyright information for EweBEE